2 Corinthians 10

Paulo ʋli eƒe apostolonyenye ta

1Azɔ la, nye Paulo ŋutɔ mele nu xlɔ̃m mi kple dzigbɔɖi abe ale si Kristo ŋutɔ awɔ ene. Ke mia dometɔ aɖewo le gbɔgblɔm be, “Ne mele adzɔge la meŋlɔa agbalẽ sesẽwo na mi, gake ne meva mia gbɔ ko la menɔa anyi abe vɔvɔ̃nɔtɔ ene.”

2Mele kuku ɖem na mi bena migana be makplɔ mi kple asi sesẽ ne meva mia gbɔ o. Menya be ŋusẽ le asinye mazã ɖe ame siwo buna le mia dome be amegbetɔ ƒe nunya kple ŋusẽ ko metsɔ le dɔ wɔmii la ŋu hafi gake nyemedi be mawɔ alea o. 3Enye nyateƒe bena amegbetɔe menye, eye ŋusẽ aɖeke mele ŋunye o. Gake menye amegbetɔwo ƒe mɔwo kple ŋusẽ metsɔna wɔa aʋawo o. 4Menye amegbetɔwo ƒe ŋusẽ míezãna o, ke boŋ Mawu ƒe ŋusẽ si tri akɔ wu nu sia nu lae míetsɔna ɖua Abosam ƒe ŋusẽwo katã dzi. 5Míetsɔa Mawu ƒe ŋusẽ sia ɖua nya vlo siwo katã amegbetɔwo gblɔna ɖe Mawu ŋuti la dzi eye eyae míetsɔna gbãa gli si wòtu ƒo xlã aamewo be woagadze si Mawu o. Eye to ŋusẽ sia me la, míeléa ame si dze aglã ɖe Mawu ŋuti la kluvii be wòatrɔ gbɔ va Mawu gbɔ eye míetrɔa eƒe susuwo be wòaɖo to Kristo. 6Ŋusẽ ma kee míetsɔ he miawo hã va Kristo gbɔe, eye eya kee míatsɔ ahe to na mi, ame siwo me aglãdzegbɔgbɔ gale le hamea me la vevie.

7Nu si le fu ɖem na mi lae nye be, mietsɔ ameŋkumekpɔkpɔ ɖo dɔe, eye miele nye hã kpɔm be ŋusẽ aɖeke mele ŋunye o. Ke medi be miase egɔme bena ne ame aɖe ate ŋu agblɔ be Krsito ƒe ŋusẽ le ye si tututu la, nye Pauloe ate ŋu agblɔ esia. 8Ɖewohĩ la awɔ na mi abe ɖe mele adegbe ƒom akpa le Kristo ƒe ŋusẽ si wònam la ta ene. Gake nye la menye ŋukpe nam bena maƒo adegbe le Kristo ƒe ŋusẽ si wonam la ta o, elabena ɖe wòna ŋusẽ siam be matsɔ tu mii ɖe edzi, menye be matsɔ agblẽ nu le mia ŋu o. 9Nyemedi be miabui bena ɖe ko mele vɔvɔ̃ dom na mi kple nye agbalẽwo o.

10Mia dometɔ aɖewo gblɔ be, “Miɖe asi le Paulo ya ŋu, elabena ne ele adzɔge la eya wòŋlɔa agbalẽ nɔa ŋɔdzi kple vɔvɔ̃ dom na ame. Gake ne eya ŋutɔ va la megatea ŋu gblɔa nya mawo dometɔ aɖeke o, ke boŋ eƒoa nu abe ɖevi ene. 11Menya mawunya aɖeke hã gbɔgblɔ o.” Ke medi be ame siwo le nya mawo gblɔm la, nadzra ɖo ɖi, elabena ne míeva la, ŋusẽ si míetsɔ ŋlɔ agbalẽawo la, míele eɖe ge afia wo.

12Míedi be míawɔ abe ale si mia dometɔ aɖewo wɔna nɔa wo ɖokuiwo kafum, eye wonɔa nya ʋlim le wo ɖokuiwo dome be ame kae nye gãtɔ hã o. Nu siawo katã nye movidzɔdzɔ be miadi be yewoakpɔ be ame kae nye gãtɔ wu le yewo dome hã? 13Ke míawo la, míaƒo adegbe le nu si le míasi la ko ŋu; nu si Aƒetɔ la de mía si be míawɔ siwo dometɔ ɖekae nye be miatsɔ nyanyui la ava mia gbɔe la koe nye míaƒe taɖodzinu. 14Míedze agɔ ne míegblɔ bena ŋusẽ le mía si ɖe mia dzi o, elabena míawoe nye ame gbãtɔ siwo tsɔ Kristo ƒe nyanyui la vɛ na mi. 15Eye menye ɖe míele didim be míaƒo adegbe le ame bubu ƒe dɔ si wòwɔ le mia dome la ta o, ke míaƒe didi vevie nye miaƒe xɔse natsi ɖe edzi be míate ŋu awɔ dɔ gãwo le mia dome le ɖoɖo si wona mí la nu.

16Le esia megbe la, míate ŋu akpɔ mɔ atsɔ Kristo ƒe nyanyui la ayii na dukɔ siwo le adzɔge le mia gbɔ afi si ame aɖeke mede haɖe o be woawo hã nadze si Kristo. Ale be ame aɖeke nagagblɔ be yee nye ame gbãtɔ si tsɔ nyanyui la yi du ma me hafi míeva o. 17Mawunya gblɔe be, “Ame sia ame si di be yeaƒo adegbe la naƒoe le nu si Aƒetɔ Yesu Kristo wɔ la ko ŋu eye menye le amea ŋutɔ ŋu o.” 18Elabena ame si ƒoa adegbe le eya ŋutɔ ƒe dɔdɔwo ŋuti la, medzea Aƒetɔ la ŋu o, ke ame si ƒe dɔwɔwɔ ŋu Aƒetɔ la kpɔ ŋudzedze nyui le lae nye dɔwɔla nyuitɔ.

Copyright information for EweBEE